Philippians 1

1Agbalẽ sia tso Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dɔlawo gbɔ le yiyim na Osɔfowo ƒe kpeɖeŋutɔwo kple kristotɔ siwo katã le Filipi.

2Mawu nayra mi katã. Ẽ, medoa gbe ɖa be Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo nana eƒe yayra detotɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe eye eƒe ŋutifafa la nanɔ miaƒe dziwo kple miaƒe agbenɔnɔ blibo me.

Akpedada kple gbedodoɖa

3Nye gbedodoɖawo katã ɖe mia ta nye akpedada sɔŋ ko na Mawu. 4Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzime. 5Le kpekpeɖeŋu gã siwo katã miena le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia dzi la ta. 6Eye meka ɖe edzi be Mawu ame si dze dɔ nyui sia wɔwɔ gɔme le mia me la, ayi edzi akpe ɖe mia ŋu bena miatsi ɖe edzi le eƒe amenuveve la me va se ɖe esime dɔ si wɔwɔ gɔme wòdze le mia me la nawu nu keŋkeŋ le ŋkeke si Yesu Kristo aga trɔ va la dzi. 7Ele ɖoɖo nu be nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me esi menɔ gaxɔ me kple esi medo eye menɔ nyateƒe la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo. 8Mawu ɖeka koe nya lɔlɔ̃ vavã si le menye ɖe mia ŋu abe ale si Yesu Kristo hã lɔ̃ mi ene. 9Nye gbedodoɖa ɖe mia tae nye bena, miayɔ fũ eye miagbã go kple lɔlɔ̃ na mia nɔewo eye nenema ke mianɔ tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔmenunya kple sidzedze me.

10Elabena medina vevie ɣesiaɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome eye kpe ɖe esia ŋuti la mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me ale bena ame aɖeke mate ŋu akpɔ kpɔtsotso le mia ŋuti o, va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ la nagatrɔ ava. 11Minɔ nu nyui kple dɔmenyowɔwɔ dzi ɖaa. Esiawoe afia be mienye Mawu viwo vavã eye woahe kafukafu kple ŋutikɔkɔe geɖe vɛ na Aƒetɔ la.

Paulo ƒe bablawo do nyanyui la ɖe ŋgɔ

12Nɔvi lɔlɔ̃wo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ. 13Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖame ŋuti la nya kɔtee be susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ. 14Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke le go aɖewo me la, nye dzidodo si metsɔ le gaxɔ mee la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe Kristo o.

15Nyateƒe wònye be ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋu ʋaʋã kple dzrewɔwɔ ta, ke ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã nya la kple dzitsinya nyui. 16Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonyae be mele game le afii le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti. 17Ame kemɛawo gblɔa Kristo ƒe nya la le ɖokuitɔdidi ta, ke menye tso dzi vavã me o, kple susu sia be yewoatsɔ xaxa akpe ɖe nye bablamenɔnɔ ŋu. 18Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbe ƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la eye esiae nye nye dzidzɔ.

Nu si ta maganɔ agbe vie ɖo

19Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã le kpekpem ɖe ŋunye ta la, esiawo katã ahe nyui ko vɛ nam eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me. 20Mele lalam eye mele mɔ kpɔm be nyemawɔ naneke atsɔ do ŋukpe ɖokuinye o; ke boŋ manɔ klalo ɣesiaɣi aɖe gbeƒã Kristo abe ale si mewɔnɛ tsã ene, togbɔ be nuwo le sesẽm nam le afi sia ŋutɔ le ɣeyiɣi siawo me hã la, menya be ne mele agbe o, meku o, made bubu Kristo ŋu. 21Le gonyeme la, agbenɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ nam be mawɔ dɔ na Kristo. Ke ku ga ɖe vi wu. 22Ke nenye be agbenɔnɔ ana mɔnukpɔkpɔ geɖem be maɖe luʋɔwo na Kristo la, ekema nyemeganya ne agbe alo kue nyo wu o. 23Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be manɔ agbe gake le ɣebubuɣiwo la, edzroam be maku, elabena medi vevie be mayi aɖanɔ Kristo gbɔ. O, adzɔ dzi na nye ya sasasã wu be manɔ kodzogbe afii! 24Ke nyateƒe lae nye be, mate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe miawo wu ne mele agbe.

25Ẽ, ele eme be nye dɔwɔwɔ ga hiã le agbe sia me eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie wu be makpe ɖe mia ŋuti be miatsi ɖe edzi le xɔse me eye miakpɔ dzidzɔ. 26Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta ne megava mia gbɔ.

27Ke nu ka kee adzɔ ɖe dzinye hã la, miɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be mianɔ agbe abe kristotɔwo ene, ale be, ne magakpɔ mi alo nyemakpɔ mi o hã la, manɔ ɖaseɖiɖi nyuiwo sɔŋ ko xɔm tso mia ŋuti be mi katã miele ɖeka kple susu ɖeka sia be miagblɔ nyanyui la 28dzideƒotɔe, nu ka kee miaƒe futɔwo awɔ mi hã. Woakpɔ esia abe woƒe anyidzedze ƒe dzesi ene, ke miawo la, esia anye dzesi tso Mawu gbɔ be, eli kpli mi eye bena ena agbe mavɔ mi. 29Ke miawo la menye edzixɔxɔse ƒe mɔnukpɔkpɔ ko wona mi o, ke boŋ be miakpe fu ɖe eta hã. 30Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm, abe ale si mienya nyuie la ene.

Copyright information for EweBEE